Psalmowo 98 - Agbenya LaPsalmo 98 Hadzidzi. 1 Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ. 2 Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo. 3 Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe. 4 Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo. 5 Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi, 6 kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume. 7 Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, anyigba kple edzinɔlawo katã hã. 8 Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta. 9 Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.