Psalmowo 93 - Agbenya LaPsalmo 93 1 Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye, Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi. Eli ke xexea me, maʋã o. 2 Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke, eye nèli tso mavɔ me ke. 3 Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa, atsiaƒuwo le ɣli dom, atsiaƒuwo dze agbo, eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem. 4 Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe, ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃, Yehowa le dziƒo tri akɔ. 5 Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ; O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃ na wò aƒe ɣeawo katã ɣi. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.