Psalmowo 87 - Agbenya LaPsalmo 87 Korah ƒe viwo ƒe ha. 1 Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi. 2 Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã. 3 O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela 4 “Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ” 5 Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.” 6 Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, “Wodzi esia le Zion.” Sela 7 Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, “Nye agunuwo katã le mewò.” |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.