Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 8 - Agbenya La


Psalmo 8
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.

1 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame.

2 Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.

3 Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,

4 Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?

5 Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.

6 Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.

7 Alẽhawo, nyihawo, gbemelãwo,

8 dziƒoxeviwo, ƒumelãwo kple nu siwo katã ƒua tsi le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.

9 O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Titsatireni:



Zotsatsa