Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 6 - Agbenya La


Psalmo 6
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu.

1 O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.

2 Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.

3 Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?

4 O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

5 Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me?

6 Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele.

7 Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta.

8 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa.

9 Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve.

10 Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Titsatireni:



Zotsatsa