Psalmowo 53 - Agbenya LaPsalmo 53 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe nublanuigbe me. 1 Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o. 2 Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo, ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã. 3 Ke ame sia ame trɔ megbe dee, wo katã tim wɔ nu tovo; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ hã meli o. 4 Ɖe ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea? 5 Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o. Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la; ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo. 6 O! Xɔname neva tso Zion na Israel! Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la, Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ! |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.