Psalmowo 4 - Agbenya LaPsalmo 4 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. 1 Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa. 2 O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela 3 Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe. 4 Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela 5 Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe, eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. 6 Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa. 7 Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli kple wain yeye do agbogbo na. 8 Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.