Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 23 - Agbenya La


Psalmo 23
David ƒe ha.

1 Yehowae nye kplɔnyela, eya ta naneke mahiãm o.

2 Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo, eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,

3 hena nye luʋɔ gbɔ agbe. Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.

4 Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam.

5 Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.

6 Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Titsatireni:



Zotsatsa