Psalmowo 142 - Agbenya LaPsalmo 142 David ƒe nufiameha esi wònɔ agado me. Gbedodoɖa. 1 Medo ɣli na Yehowa sesĩe, eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui. 2 Metrɔ nye nuxaxawo kɔ ɖe eŋkume, eye metrɔ nye vevesesewo kɔ ɖe eya amea gbɔ. 3 Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam. 4 Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ; ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. Bebeƒe aɖeke meli nam o, eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. 5 O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.” 6 Ɖo to nye ɣlidodo, elabena meɖo xaxa me ŋutɔ. Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me, elabena wosesẽ nam akpa. 7 Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.