Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 13 - Agbenya La


Psalmo 13
David ƒe ha na hɛnɔ la.

1 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?

2 Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu, eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me? Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?

3 Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.

4 Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.

5 Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.

6 Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui nam.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Titsatireni:



Zotsatsa