Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 128 - Agbenya La


Psalmo 128
Mɔzɔha.

1 Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.

2 Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.

3 Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.

4 Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae.

5 Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze.

6 Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Titsatireni:



Zotsatsa