Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -

Psalmowo 114 - Agbenya La


Psalmo 114

1 Esi Israel do go tso Egipte, esi Yakob ƒe aƒe la do go tso gbe bubu gblɔlawo dome la,

2 Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe, eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe.

3 Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo, Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe.

4 Towo ti kpo abe agbowo ene, eye togbɛwo abe alẽviwo ene.

5 O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo, O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo?

6 Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo?

7 O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume, le Yakob ƒe Mawu la ŋkume,

8 eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Titsatireni:



Zotsatsa