Psalmowo 100 - Agbenya LaPsalmo 100 Hadzidzi Akpedaha. 1 Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu. 2 Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume. 3 Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ, eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye. 4 Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada, eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu; mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ. 5 Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa; nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi tso dzidzime yi dzidzime. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.