Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ame tsakatsakawo anɔ Asdod, eye matsi Filistitɔwo ƒe ɖaɖa nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Amedzrowo ava xɔ Asdod, eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 9:6
13 Referans Kwoze  

Eye matsrɔ̃ Asdodtɔwo kple amesi lé fiatikplɔ ɖe asi le Askalon, matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu, eye Filistitɔwo ƒe susɔea nu ayi; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Esia adzɔ ɖe wo dzi le woƒe ɖãɖa ta, elabena woɖe alɔme eye woka ɖe Yehowa Zebaot ƒe ɖukɔ la ŋu.


Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!


Yehowa Zebaot ɖoe ɖe ta me be, yeaɖi gbɔ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dàda, eye yeaklo bubu le ame ŋkutawo ŋu le anyigba dzi.


Ne Mawu na kesinɔnu, nu xɔasiwo kple bubu amea ɖe, ale be nusiwo katã wòdina la, mehiãnɛ o, gake Mawu mene ŋusẽe, be wòaɖui o, ke boŋ ame tutɔ naɖul la, tofloko kple vɔ̃ gã wònye.


Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Filistitɔwo ŋu, hafi Farao nava si Gaza, enye si;


Elabena Gaza azu du gbɔlo, eye Askalon azu aƒedo; woanyã Asdoɖ le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye woaho Ekron kple ke.


Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe; dzidzi aƒo Gaza akpe ɖe Ekron ŋu, elabena eƒe sitsoƒe azu ŋukpe. Fia atsrɔ̃ ɖa le Gaza, eye Askalon azu aƒeɖo.


Maɖe ʋu ɖa le eƒe nu me kple ŋunyɔnu ɖa le eƒe aɖuwo dzi, eya ha asusɔ na mia Mawu, eye wòanɔ abe Yuda ƒe amegãwo ene, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite