Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 hekpe ɖe Xamat, si ɖo liƒo nɛ, kple Tiro kpakple Zidon ŋuti, le, esi nunya le wo si ŋutɔ ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 9:2
20 Referans Kwoze  

Amevi, to konyifaha ɖe Tiro-fia ŋu, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ŋkɔsigɛ, si wodzidze wòsɔ, nènye, nunya ba ɖe asiwò, eye wò nyonyo teƒe mekɔ o.


Ɖe Damasko ŋu: Ŋu kpe Xamat kple Arpad; elabena wose nya vɔ̃, eye dzi ɖe le wo ƒo; ŋɔdzi le atsiaƒu nu, womate ŋu agbɔ ɖe eme o.


eye Israel-viwo ƒe aʋakɔ, siwo woɖe aboyoe la, ado Kanaanitɔwo ƒe anyigba vaseɖe Zarpat, eye Yerusalem ƒe aboyome, siwo le Sefarad la, ado dzieheduwo.


Israel ƒe aƒe, ale Yehowa, Mawu Zebaot gblɔ esi: Maɖo dukɔa ɖe ɖa ɖe mia ŋu, ne woaxaxa mi ɖo tso Xamat-nutowo me vaseɖe tɔʋu, si le gbegbe la nu.


Eye Babel-fia wu wo le Ribla le Xamat-nyigba dzi. Ale woɖe aboyo Yuda tso eƒe anyigba dzi enye si.


Eye Farao Nexo dee gaxɔ ɖe Ribla le Xamat-nyigba dzi, be maganye fia le Yerusalem o; eye wòtsɔ klosalo talento alafa ɖeka kple sika talento ɖeka he to na dukɔ la.


Tso, nayi Zarpat, si nye Zidontɔwo tɔ, eye natsi afima; kpo ɖa, meɖe se na ahosia ɖe le afima, be wòanyi wò.


Eye woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedzi vaseɖe Rexob heɖo ta Xamat.


na Tiro-fiawo katã, Zidon-fiawo katã kple ƒukpowo dzi fia, siwo le atsiaƒu ƒe go keme;


le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.


Xamat, Berota, Sibrayim, si le Damasko ƒe liƒo kple Xamat ƒe liƒo dome, Xazer-Enon, si le Xauran ƒe liƒo dzi.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite