Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena mehe Yuda me abe ɖatl ene, eye metsɔ Efrayim wɔ aŋutrɔe heɖo edzi: Zion, maɖe aɖã ta me na viwòwo ɖe Helaviwo ŋu, eye matsɔ wo awɔ kalẽtɔ ƒe yii.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene, eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu. O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo, ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 9:13
31 Referans Kwoze  

Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Ewo nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wo aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.


Edze ɖeka wu amegbetɔviwo, wotrɔ amenuveve kɔ ɖe nuyi dzi na wò, eyata Mawu yra wò tegbee!


Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Pergamo la ƒe ɖɔla bena: Amesi yi ɖaɖɛ nuevee le esi la, eyae gblɔ esiawo bena:


Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


Eye miɖo xoxo ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.


Xɔnametɔwo ava Zionto la dzi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu Esau ƒe towo, eye fiaɖuƒe la anye Yehowa to.


Eye meɖo nyagblɔɖilawo tso miaƒe ŋutsuviwo dome kple Mawu ƒe kluwo tso miaƒe ɖekakpuiwo dome Israel-viwo, Yehowa be, ɖe mele alea oa?


Aleke Zion ƒe vi vevi, siwo wobuna abe sika ene la, sɔ kple sonugaglɛ, si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ?


Zũ kple aʋawɔnu nènye nam, wòe matsɔ agbã dukɔwoe gudugudu, eye wòe matsɔ atsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.


Mawu ƒe dodoɖedzi le woƒe nu me, eye yi nuvee le wo si,


Dawid tɔ. Woakafu Yehowa, nye agakpe, amesi fia avuwɔwɔ nye asiwo kple aʋawɔwɔ nye asibidewo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite