Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 9:10
33 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.


Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!


Ke wo katã tso Mawu gbɔ, amesi lé avu le mía kple eɖokui dome to Yesu Kristo dzi, eye wòna avuléle ƒe subɔsubɔdɔ mí.


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Towo kple togbɛwo netsɔ dzɔdzɔenyenye he ŋutifafa vɛ na dukɔ la!


Afisiafi, si mieɖo afɔe la, azu mia to, eye miaƒe liƒo atso gbedzi kple Libanon gbɔ kpakple Frat nu vaseɖe ɣetoɖoƒe gome le ƒu la nu.


Yehowa, na míakpɔ wò amenuveve, eye na wò xɔname mi!


Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye woatso nya me na dukɔ geɖewo; woatso woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatso woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatso yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋa wowu hã azɔ o.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Matsɔ eƒe alɔ aɖo atsiaƒu dzi, eye eƒe nuɖusi aɖo tɔsisiwo dzi.


Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, maŋe dati kple yi, manyã aʋa ɖa le anyigba dzi, eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.


Ale Yehowa gblɔ esi: Ɣemaɣi la matsrɔ̃ wò sɔwo ɖa le dowòme, eye magblẽ wò tasiaɖamwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite