Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Agbe neɖo miaƒe asiwo me mi amesiwo se nya siawo tso nyagblɔɖilawo nu le ŋkeke siawo me, nya, siwo wogblɔ na mi le gbe sigbe woɖo Yehowa Zebaot ƒe xɔ la gɔme anyi, be woagatu gbeɖoxɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 8:9
18 Referans Kwoze  

Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel bena: Mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge,


Ne èlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Yehowa ɖo na Mose hena Israel-viwo la me ɖe asi, eye nèwɔ wo dzi la, ekema akpɔ dzagbenyuie. Sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo, megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o!


Azɔ wò la, vinye, sẽ ŋu le amenuveve, si le Kristo Yesu me la me,


Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


Eya Yehowa Zebaot ƒe gbe va nam bena:


Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, alesi mienye fiƒoɖe le dukɔwo ɖomee la, nenema maxɔ na mi, be miazu yayra; migavɔ̃ o, agbe neɖo miaƒe asiwo me!


Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.


Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.


Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, elabena wòe amã anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo la, na dukɔ sia.


Eye Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo tui wòdze edzi na wo le nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, Ido vi ƒe nyagblɔɖi la nu, eye wotui hewu enu le Israel ƒe Mawu ƒe sedede kple Kores, Dario kpakple Persia-fia Artaxsasta ƒe sedede nu.


Minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe, dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi vaseɖe gbesigbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la dzi; milé ŋku ɖe eŋu:


Ke miawo milé dzi ɖe ƒo, eye miaƒe asi megado agblɔ o; elabena fetu li na miaƒe dɔwɔwɔ la!


Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite