Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 8:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 8:23
35 Referans Kwoze  

Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.


Kpɔ ɖa, ayɔ dukɔ, si menya o la vɛ, eye dukɔ, si menya wò o la, aƒu du ava gbɔwò le Yehowa, wò Mawu, kple Israel ƒe kɔkɔetɔ la ta, elabena ede bubu ŋuwò.


eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.


Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.


Ke nye la, menya woƒe nuwɔwɔwo kple tameɖoɖowo. Azã su, be woaƒo dukɔwo katã kple aɖe wo nu ƒu, eye woava akpɔ nye ŋutikɔkɔe la.


Gake mia fofo blem, eye wòɖɔ li nye fetu zi ewo; ke Mawu meɖe mɔ nɛ be, wòawɔ vɔ ɖe ŋunye o.


ale bena wotsoa takuwo kple akɔtawuiwo hã doa eŋu hedana ɖe dɔlélawo dzi, eye dɔawo vɔna, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.


Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka gbemagbe agblɔ bena: Míaɖu mía ŋutɔwo ƒe abolo, eye míata mía ŋutɔwo ƒe avɔ; na woayɔ wò ŋkɔ de mía ŋu ko; ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.


Ne amea ɖe alé nɔvia le fofoa ƒe me bena: „Avɔ le asiwò, eyata nanye míaƒe amegã, eye aƒe gbagbã sia nanɔ asiwò me“ la,


Ma nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena menya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.


Zi ewo sɔŋ enye si mieɖo vlom, eye ŋu mele mia kpem, be míele funyafunya wɔmem o!


Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.


Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yordan nu. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Eye woa kple eve la woyi.


Woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la, eye woadi yi agblẽ Nimrod ƒe anyigba la; woaɖe mi tso Asur si me, ne eva míaƒe anyigba dzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ míaƒe llƒowo dzi la.


Ƒe blave sɔŋ mena aƒewò me. Mesubɔ wò ƒe wuiene ɖe viwònyɔnuvi eveawo ta, eye ƒe ade ɖe alẽwo la; gake eɖo li nye fetu zi ewo.


va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòde asi eƒe awu to ŋu; eye enumake eƒe ʋusisi la nu tso.


ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,


Nya, siwo katã Mose gblɔ la, dometɔa ɖeke metsi anyi, si Yosua mexlẽ na Israel-ha blibo la, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple amedzro, siwo le wo dome la o.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Kpɔ ɖa, mawɔ nu kple amesiwo katã te mi ɖe anyi la ɣemaɣi, makpe ɖe ata ŋeŋee tɔwo ŋu, maƒo: amesiwo kaka hlẽ la nu ƒu, eye matso wo awɔ kafukafu kple bubu le anyigba, siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi.


eye wòƒo Yuda blibo la kple Benyamin kpakple amesiwo tso Efrayim, Manase kple Simeon va dze egbɔ la nu ƒu, elabena ame geɖewo tso Israel va de edzi, esime wokpɔ be, Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii.


Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite