Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 8:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gawo ava ɖl Yehowa Zebaot la Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ale amewo kple dukɔ siwo ŋu ŋusẽ le la ava Yerusalem be yewoadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye woaƒo koko nɛ.”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 8:22
18 Referans Kwoze  

Eye du si me nɔlawo atso aɖagblɔ na ekeme me nɔlawo bena: Mitso, ne míayi aɖaƒo koko le Yehowa ŋku me, eye miaɖl Yehowa Zebaot. Nye hã mayi!


Eye dukɔwo azɔ eƒe kekeli me, eye anyigba dzi fiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ ava emee.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Eye woade avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi.


Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyuie la ɖi na Abraham bena: „Wò me woayra trɔ̃subɔlawo katã le.“


maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Adrɔ̃ ʋɔnu na ɖukɔ geɖewo, eye wòatso nya me na anyigba dzi ɖukɔ geɖewo vaseɖe didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gohɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


Eye woava me, ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe!


Kpɔ ɖa, ayɔ dukɔ, si menya o la vɛ, eye dukɔ, si menya wò o la, aƒu du ava gbɔwò le Yehowa, wò Mawu, kple Israel ƒe kɔkɔetɔ la ta, elabena ede bubu ŋuwò.


Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpo ɖa, mamiã asi dukɔwo, eye mado aflaga ɖe dzi na anyigba dzi dukɔwo, ne woatsɔ wò ŋutsuviwo ɖe akɔnu vɛ, eye woakɔ wò nyɔnuviwo ɖe abɔta ve.


Le wò gbedoxɔ, si kɔ gbɔ Yerusalem ta, ŋuti fiawo atsɔ nunana va na wò.


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Eye ava me be; ɖukɔ siwo kalã ho ana ɖe Yerusalem ŋu ƒe susɔeawo katã ava ƒe sia ƒe, be yewoaɖe la agu na fia Yehowa Zebaot, eye yewoaɖu agbaɖɔŋke-kenyule la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite