Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 8:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye du si me nɔlawo atso aɖagblɔ na ekeme me nɔlawo bena: Mitso, ne míayi aɖaƒo koko le Yehowa ŋku me, eye miaɖl Yehowa Zebaot. Nye hã mayi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 eye amewo atso du ɖeka me ayi du bubu me ahagblɔ be, ‘Mina míatso zi ɖeka, míayi aɖaɖe kuku na Yehowa, eye míadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la. Nye la, medze mɔ yina.’

Gade chapit la Kopi




Zekaria 8:21
10 Referans Kwoze  

Eye Beteltɔ, siwo nye Sarezer kple Regem-Melex kpakple woƒe ƒometɔwɔ ɖo ame ɖa, be woaɖaƒo koko le Yehowa ŋku me,


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Mikafu Yehowa, mi eƒe nuwɔwɔwo katã le eƒe dziɖuƒewo katã me! Luʋɔnye, kafu Yehowa!


Eye dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gawo ava ɖl Yehowa Zebaot la Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me.


Eye amesiwo ƒe dzi le Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dim la, tso Israel-toawo katã me dze wo yome va Yerusalem, ne woasa vo na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Elabena ŋkeke li gbɔna, eye dzɔlawo ado ɣli le Efrayim-towo dzi bena: Mitso, ne míayi Yehowa, mía Mawu la gbɔ le Zion.


Eye nusrɔ̃la eveawo se eƒe nuƒoƒo, eye wodze Yesu yome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite