Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 8:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ale Yehowa Zebaot gblɔ asi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple etɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyatsotso kpakple ŋkekenyuie na Yuda ƒe ale la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 8:19
27 Referans Kwoze  

eye wogbã du la le Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi.


Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me!


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi; woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.


Eye wòva me le dzinu adrelia me be, Ismael, Elisama vi Netanya ƒe vi, amesi tso fiaƒome la me kple ŋutsu ewo, siwo kpe de eŋu la, wova wu Gedalya kple Yudatɔ kpakple Kaldeatɔ, siwo le eŋu le Mizpa.


Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ!


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.


abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Eyata yi naɖaxlẽ agbalẽ sia, Yehowa ƒe nya, siwo neŋlɔ tso nunye me la, ɖe dukɔ la ƒe to me le Yehowa ƒe me le nutsidɔgbe, eye naxlẽe ɖe Yuda blibo, si tso woƒe duwo me va la hã ƒe to me.


Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


Eya Yehowa Zebaot ƒe gbe va nam bena:


Eye wòva me le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be, Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu, woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe,


Eye Yehowa ƒe gbe va nam le ƒe asiekelia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi bena.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite