Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 7:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 ‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 7:14
35 Referans Kwoze  

Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.


Dukɔ, si menya o la, aɖu wò agblemenuwo kple nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, wòase ŋuta le ŋuwò ɣesiaɣi, eye woate wò ɖe anyi.


Kpɔ da, Yehowa ƒe ahom kple eƒe dziku tso, eye yali abla ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii.


Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me.


Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


Etsɔ eƒe akplɔ ƒo ɖe ta na eƒe amegãwo, wonyẽ zi va, be woakam ahlẽ; wole aseye tsom abe ɖe wohe, yewoaɖu ame dahe le bebe me ene.


Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o. Yehowa ƒe mo to ahom kple ya ʋuduʋudu me, eye alilikpowo nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.


Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.


Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ.


eye fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan ɖe aboyo ame alafa adre kple blane vɔ atɔ̃ dzoe le Nebukadnezar ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me; wo katã le ame akpe ene alafa ade.


Eyata nye dziku trɔ ƒo ɖe anyi, eye nye dɔmedzoe fiã Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, ale be wòzu aƒedo kple gbegbe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Eye amegãwo gblɔ na Barux bena: Yi, ne mia kple Yeremya miaɣla mia ɖokui, be amea ɖeke maganya afisi miele o.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom le tutum le dɔmedzoe me, eye ya ʋuduʋudu le ƒoƒom ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ta dzi.


Yehowa be: Israel ƒe aƒe, eyata makplɔ dukɔa ɖe tso didiƒe ava ƒo ɖe mia dzi, dukɔ sẽnu wònye, blema dukɔ wònye, dukɔ, si ƒe gbe mènya o, eye mèsea eƒe nuƒoƒo me hã o.


Nya ɖe atsiaƒutagba ŋu: Egbɔna tso anyigba dziŋɔ dzi abe ahom le dziehe, si le tutum tso gbe dzi ene.


Dukɔwo le ho wɔm abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ ene, ke eblu ɖe wo ta, eye wòsi yi adzogedzogee, woɖe wo ɖe nu abe gbe ƒuƒu le ya nu le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Wole abe abɔbɔ, si le azɔli dzi le nyinyim ene, eye wodi nyɔnu ƒe fu gege, si mekpɔ ɣe kpɔ o.


bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Yehowa akplɔ dukɔ, si ƒe gbe mèsena o la, tso didiƒe le anyigba seƒe ke, abe alesi hɔ̃ dzona ene, ava de wò;


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Maɖo lã wɔadãwo ɖe mia dome; eye woaɖe viwo le mia ŋu, eye woatsrɔ̃ miaƒe aƒemelãwo; miaƒe xexlẽme azu sue, eye miaƒe mowo ato gbe.


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me.


Esi wogblɔ wò ɖi, wogbe wò nya, eye amea ɖeke meto ŋuwò yi o ta la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee kple dzidzɔ na ƒomeawo katã.


Lãkplɔvi geɖewo gblẽ nye weingble, wonyã avuzi le nye agble me, eye wowɔ nye dzidzɔkpɔgble wòzu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.


Eyata fofowo aɖu wo viwo le mewo, eye viwo aɖu wo fofowo; madrɔ̃ ʋɔnu wò, eye makaka wò ame mamleawo katã ahlẽ ɖe yawo nu.


Eye nagblɔ na dukɔ hahoo la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Yerusalemtɔ, siwo le Israel-nyigba dzi la ŋu enye si: Woaɖu woƒe abolo kple vɔvɔ̃, eye woano woƒe tsi le ŋɔdzi me, elabena woƒe anyigba azu gbegbe, eye woaɖe edzi nuwo katã ɖa le edzinɔlawo katã ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta.


Makaka wò ɖe dukɔwo dome, mahlẽ wò ɖe anyigbawo dzi, eye mana wò ɖiƒoƒo nu natso le ŋuwò,


Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o.


Eye Yehowa Zebaot ƒe gbe va bena:


Nye Mawu agbe wo, elabena womeɖo toe o, eye woanɔ tsa glãla tsam le dukɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite