Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyata alesi meyɔ wo wogbe esese la, nenema woayɔm, ke nyemasee o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 7:13
23 Referans Kwoze  

Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe.


Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi, esi me womaɖe le o, eye woaɖo ɣli nam, ke nyemaɖo towo o.


Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,


Amevi, ƒo nu kple Israel ame tsitsiwo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee miava gbe bia geea? Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ne mana miabia gbem ase akpɔ fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Amevi, ŋutsu siawo lé woƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ woƒe vodadawo ƒe nukikliwo ɖo ŋku me, ɖe mana woabia gbema?


Nukaŋuti meva, eye amea ɖeke meli o, meyɔ ame, eye amea ɖeke metɔ o? Ɖe nye alɔ le kpuie, be wòagbe xɔxɔ na amea? eye ɖe ŋusẽ mele ŋunye, be maɖe ame oa? Kpɔ ɖa, matsɔ nye nyanyrã ana atsiaƒu namie, eye mana tɔsisiwo nazu tagba, wo me lãwo aƒaƒã, elabena tsi megale wo ŋu o, eye tsikɔ awu wo woaku.


Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.


Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


Ne ègblɔ nya siawo katã na wo la, womasee na wò o, eye ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o.


Wotrɔ ɖe wo fofo, siwo gbe be, yewomaɖo to nye nyawo o la ƒe vodada tsãtɔwo ŋu; wodze mawu tutɔwo hã yome, ne woasubɔ wo; Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe la tu nye nu, si mebia kple wo fofowo la.


Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko, eye megado gbe ɖa ɖe wo ta o, elabena ne wodo ɣli yɔm le woƒe hiã me la, nyemaɖo to wo o.


Yuda le nu xam, nu te eƒe agbowo ŋu, eye wole ahovɔ me bɔbɔ no anyigba; Yerusalem ƒe aƒadodo de dzi.


Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o.


Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite