Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wòyɔm gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, esiwo ho ɖo ta anyiehe-nyigba dzi la, woawoe le nye dɔmedzoe nu fa ge le anyiehe-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mawudɔla la yɔm gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, esiwo yi anyiehenyigba dzi la, wotsi nye dɔmedzoe nu le anyiehenyigba la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 6:8
15 Referans Kwoze  

Eye nye dɔmedzoe abi ade eseƒe ke, nye dziku nu afa ɖe wo ŋu, eye mafa dzi na ɖokuinye, ne wòadze sii be, nye Yehowa ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, nenye be, metrɔ nye dziku blibo la ƒo ɖe wo dzi.


eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo.


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Mana nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò, be nye ŋuʋaʋã nadzo le ŋuwò, eye magbɔ ɖe eme, nyemagado dɔmedzoe azɔ o.


Mi katã mikpe ta, ne miasee! Wo dometɔ kae gblɔ esia? Amesi Yehowa lɔ̃na la, aɖe eƒe lɔlɔ̃nu afia ɖe Babel kple eƒe alɔkpa afia ɖe Kaldea-tɔwo ŋu.


Eyata Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, Israel ƒe ŋusẽtɔ la ƒe gbe enye si: Alele, mele akɔ fa ge na ɖokuinye ɖe nye ketɔwo ŋu, eye mele hlɔ̃ bia ge ɖe nye futɔwo ŋu.


Ne dziɖula ƒe ɖɔmedzoe bi ɖe ŋuwò la, megaɖe afa le tewòƒe o, elabena tufafa tsia nuvɔ gãwo nu.


Eye Simson gblɔ na wo bena: Ne miewɔ alea hã la, mabia hiã mi kokoko hafi adzudzɔ!


Mawu tso Midian-amegãwo, Oreb kple Zeeb, de asi na mi, eye nuka mewo tso wu mi? Esi wògblɔ nya sia la, woƒe dziku la nu fa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite