Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 6:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Amewo atso dldiƒe ava tu Yehowa ƒe gbedoxɔ, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye dɔm ɖe mi. Esia ava me, nenye be, miese Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 6:15
20 Referans Kwoze  

Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò; elabena le nye dɔmedzoe me meƒo wò, eye makpɔ nublanui na wò le nye amenuveve me.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome.


esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo:


Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.


Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.


eye nagblɔ na bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Zemax la, amie tso to me, eye wòatu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la.


Ke boŋ nya siae metsɔ de se na wo be: Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eve miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi.


Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


Elabena èɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nèle se kple ɖoɖo, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu tso wò dzi blibo kple luʋɔ blibo me.


Kpɔ ɖa, amesiwo atso adzɔge ava, ame kemewo atso anyiehe kple ɣetoɖoƒe, eye ame bubuwo atso Sinitɔwo ƒe anyigba dzi.


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite