Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke fiakuku la nenɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, ne woafsɔ aɖo ŋku Xeldai, Tobiya kple Yedaya kpakple Zefanya vi la ƒe dɔmenyowɔwɔ dzi

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 6:14
14 Referans Kwoze  

Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyanu sia wo la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbe ƒã nyanyuie sia afia le le xexeme blibo la katã la, woagblɔ nusi nyanu sia wo la hã hena ŋkuɖoɖo edzi.


Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


Xɔ nunanawo le Xeldai, Tobiya kple Yedaya si, eye nayi Yosiya, Zefanya vi la ƒe me gbemagbe, afisi wotso Babel va dze;


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


ekema migblɔ na wo bena: Elabena Yordan me tsia nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ; esi wole Yordan tso ge la, tete Yordan me tsi la nu tso, eyata kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo tegbee do.


Eye Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sikawo le amesiwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si, eye wotso wo va Mawu ƒe agbadɔ la me, ne woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo le Yehowa ŋku me.


Ne Aron yi kɔkɔeƒea la, Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nanɔ eƒe dzi dzi le akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la dzi, hena ŋkuɖoɖodzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.


Eye natsɔ kpe eveawo aɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo, hena ŋkuɖoɖo Israel-viwo dzi, eye ŋkɔawo nanɔ Aron ƒe abɔta le Yehowa ƒe ŋku me abe ŋkuɖoɖodzi ƒe dzesi ene.


Eye fia ŋu asrafowo ƒe amegã lé nunɔlagã Seraya kple nunɔlagã yometɔ Zefanya kpakple kpuinudzɔla etɔ̃;


eye natsɔ klosalo kple sika awɔ fiakuku aɖɔ ɖe ta na nunɔlaga Yosua, Yozadak vi;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite