Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 6:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 eye natsɔ klosalo kple sika awɔ fiakuku aɖɔ ɖe ta na nunɔlaga Yosua, Yozadak vi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 6:11
18 Referans Kwoze  

Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu.


Ewɔ eƒe dzimedidiwo dzi nɛ, eye mète nusi eƒe dzi di lae o. Sela.


Mi Zion-nyɔnuviwo, mido va, ne míakpɔ fia Salomo le fiakuku, si dadaa ɖɔ nɛ la me le eƒe srɔ̃ɖegbe, le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe!


eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu;


Eye megblɔ bena: Woatsɔ tablanu dzadzɛ abla ta nɛ! Tete wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ, esime Yehowa ƒe dɔla gali ko.


Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


emegbe wòtsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Emegbe wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ŋgoblanu kɔkɔe la, eye ŋkɔɖelawo ta nu ɖe dzi bena: „Yehowa ƒe kɔkɔetɔ!“


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,


Eyata Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Yehowa ye gblɔe! Nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, lé dzi ɖe ƒo! Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe,


Tete Yesua, Yozadak vi, kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo, kpakple Zerubabel, Sealtiel vi, kple nɔviawo wotso, eye wodi Israel ƒe Mawu ƒe vɔsemlekpui la, ne woasa numevɔ le edzi, abe alesi woŋlɔe de Mawu ƒe eme Mose ƒe se la me ene.


Bla tablanu la nɛ, eye natsi ŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye amesi ɖoe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.


Eye wòɖe fiakuku la le woƒe fia ta; eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasi le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ. Aboyonu, siwo wotsɔ tso dua me gbɔe la, sɔ gbɔ ŋutɔ.


Nunɔlãwo ƒe vi, siwo ɖe nyɔnu tutɔwo, wokpɔ le Yozadak vi, Yesua ƒe viwo kple nɔviawo dome la, wonye Maaseya. Eliezer, Yarib kple Gedalya,


Ke fiakuku la nenɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, ne woafsɔ aɖo ŋku Xeldai, Tobiya kple Yedaya kpakple Zefanya vi la ƒe dɔmenyowɔwɔ dzi


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite