Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete megblɔ be: Nuka enye esia? Eɖo ŋu hena: Esia enye nudotree, si ɖo gbɔna. Eye wògblɔ bena: Eyae nye woƒe vodada le anyigba blibo la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mebiae be, “Nu ka wònye?” Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 5:6
8 Referans Kwoze  

mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;


Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.


Eye kpɔ ɖa, tsumigbaa ɖe kɔ eɖokui dzi eye nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ nudotree la me.


Misee, mi amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe ame dahewo ŋu, eye mietsrɔ̃ hiãtɔwo;


míaƒle ame dahewo ɖe gã nu kple hiãtɔwo ɖe atokota ɖoɖo ɖeka nu, eye míadzra bli toto ɖe bli ŋutɔ teƒe?


Ɖe kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotree nyaŋui, si ŋu fi-ƒode le la, gale ame vɔ̃ɖi ƒe me koa?


Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite