Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wò to gã, nenye nuka ke nènye hã, azu gbadzaƒe le Zerubabel ŋku me. Eyama aɖe etamakpe adoe, eye woanɔ ɣli dom be: Eme nenye, eme nenye nɛ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 4:7
38 Referans Kwoze  

Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe,


Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi, eye eƒe asi kee awu enu, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖom ɖe mia gbɔ.


Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.


Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe.


towo ti kpo abe agbowo ene, togbɛwo abe alẽviwo ene.


Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo,


Esia nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya tra zu dzogoekpe.


Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒotasiaɖam yeye ɖaɖɛ, si nu dɔ geɖe le. Àfanya towo, agba wo gudugudu, eye, àwɔ togbɛwo abe tsro ene.


Mi towo, be miele kpo tim abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene?


Ke ne etso amenuveve me la, magatso dɔwɔwɔwo me o, elabena ekema amenuveve maganye amenuveve o; ke ne etso dɔwɔwɔwo me la, meganye amenuveve o, elabena ekema dɔwɔwɔ maganye dɔwɔwɔ o.


Towo alólo le ete abe anyĩgba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe alesi tsi sina tsoa aganu wònɔna ene.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Eye ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Eye wòkpɔ wo dũ gblo bena: Nuka gɔ̃e nye esia, si woŋlɔ ɖi bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke tro zu dzogoekpe“ mahã?


Woaxe ʋe sia ʋe, eye woabɔbɔ to sia to kple togbɛ sia togbɛ ɖe anyi, eye mɔ gɔglɔ̃wo lazu dzɔdzɔe, eye mɔ tsakliwo lazu zɔzrɔ̃e!


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Etɔ, eye anyigba ʋuʋu; eɖo ŋku anyi kpɔ nu, eye dzidzi ƒo dukɔwo, blema towo fe kpla, gbaɖegbe togbɛwo ŋe dze eme, eye wòzɔ blema mɔwo dzi.


Esi xɔtulawo ɖo gbedoxɔ la gɔme anyi la, nunɔlawo le woƒe awuwo me tsi tre ɖi, eye wotsɔ kpẽwo ɖe asi, eye Lewi-vi, siwo nye Asaf viwo la, tsɔ gakogoewo ɖe asi, ne woakafu Yehowa, abe alesi Israel-fia Dawid ɖo ene.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite