Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 4:10
26 Referans Kwoze  

Eye ne ele nyaŋui gbã la, ekema àdzi ɖe edzi emegbe.


Elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye woɖoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Ewɔ bometsinu; eyata tso fifi la aʋa ano dowòme.


Mia dometɔ susɔea, siwo kpɔ xɔ tsãtɔ ƒe atsyɔ̃ la, aleke miele esia kpɔmi? Esia meɖi naneke le mia ŋku me o ɖe!


Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.


Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne.


Elabena woafɔ ŋku adre ɖe kpe, si metsɔ ɖo Yosua ŋku me la dzi; kpɔ ɖa, ma-ŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba sia ƒe voɖaɖa ɖa le ŋkeke ɖeka dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Miakpɔe, miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye miaƒe ƒuwo amie abe gbe ene, Yehowa ƒe asi aɖe eɖokui afia ɖe eƒe dɔlawo ŋu, eye wòado dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Ne miano eƒe akɔfafa ƒe no, woadi kɔ na mi, eye míakplɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe nu gbogboawo hlohlohlo, miaƒe; dzi nagbɔ ɖe eme.


Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womeɣla ɖem o, eye woƒe vodadawo mebe ɖe nye ŋkuwo o.


Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene.


Eye esi woɖu anyigba dzi gbewo vo keŋkeŋ la, megblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, tsɔe ke dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?


Eye megblɔ be: Aƒetɔ Yehowa, dzudzɔ dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?


Ele enɔƒe ɖe ŋku ɖe anyigba dzi tɔwo katã,


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Xadrax-nyigba ŋu, kple eƒe nya, si va nɔ Damasko — elabena Yehowa ƒe ŋku le amegbetɔwo kple Israel ƒe toawo katã ŋu —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite