Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me hetsi tre ɖe mawudɔla la ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 3:3
12 Referans Kwoze  

Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


Elabena ne ŋutsua ɖe de sikasigɛ asi, eye wòɖo awu nyui heva yi ɖe miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahea ɖe hã do awu ƒoɖi va me,


miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.


nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.


Ɣemaɣi Zeruhabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, wotso hede asi Mawu ƒe xɔ la tutu me le Yerusalem, eye Mawu ƒe nyagblɔɖilawo le wo ŋu hedo alɔ na wo.


Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite