3 Eye Yehowa na mekpɔ gbeɖe ene.
3 Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee.
Eye mawuɖɔla, si ƒo nu kplim la, ɖo va gblɔ nam bena: Fɔ kɔ dzi nakpɔ nusi do gbɔna la ɖa!
Tete mawu-dɔla, si ƒo nu kplim la, xɔ edzi gblɔ nam bena: Mènya nusiawo gɔme oa? Meɖo ŋu bena: O, nye aƒetɔ!
Tete mawudɔla, si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm, abe alesi wonyɔa ame tsoa alɔ̃ me ene.
Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.