Zekaria 14:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191312 Eye hiãkame, si Yehowa le hehe ge ava dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu dzi la, enye si: La aƒaƒã ɖe ŋuti na amesiame, esime wogale tsitrenu ko, ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo. Gade chapit laAgbenya La12 Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo. Gade chapit la |