Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.
Eye ame kuku balime, dzowɔ balime blibo la kpakple agblewo katã ɖake ɖe Kidron-tɔʋu la nu vaseɖe sɔgbo la ƒe dzogoe dzi anɔ kɔkɔe na Yehowa; womagagblẽe azɔ o, eye womagagbãe aƒu anyi akpɔ gbeɖe o.
Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be „xɔname“ kple wò agbowo be „kafukafu“.
Kpɔ ɖa, maƒo wo nu ƒu atso anyigbawo katã dzi, afisi menyã wo ɖo ɖo le nye dɔmedzoe kple nye dziku kpakple nye nyanyrã gã me, magakplɔ wo ava teƒe sia, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ,