Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 14:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba vaseɖe Rimon le Yerusalem ƒe dziehe. Yerusalem aɖo kpo, eye wòanɔ eteƒe hɔkɔɔ tso Benyamingbo la nu ɖake ɖe agbo tsãtɔ nɔƒe vaseɖe dzogoegbo la nu, tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe fia ƒe ahafiãƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 14:10
28 Referans Kwoze  

Ɣemaɣi la matsɔ Yuda-amegãwo awɔ dzoɖesonu ɖe nake titina, woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒu me ene, eye woafiã dukɔwo katã godoo Ie ɖusl me kple mia me; ke Yerusalem aganɔ eteƒe.


Lebaot, Silxim, Ain kple Rimon. Wo katã le du blaetɔ̃ vɔ asieke hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Eye esi wòɖo Benyamin-gbo nu la, Xananya vi Selemya ƒe vi Yiriya, amesi nye dzɔlawo ƒe amegã la, le afima, eye wòlé nyagblɔɖila Yeremya gblɔ bena: Kaldeatɔwo dzi nèbe, yeayi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.


Eye fia Asa na woyɔ Yuda blibo la, wo dometɔa ɖeke meto le eme o, eye woyi ɖafɔ kpe kple ati, siwo Baesa tso le Rama tsomi la, eye fia Asa tso wo tso Geba le Benyamin kple Mizpa.


Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.


Eye aƒedzikpɔla Ebed-Melex, Kusitɔ la, amesi le fia ƒe me la, se be, wotsɔ Yeremya de do me; fia la bɔbɔ nɔ Benyamin-gbo nu.


Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.


Eye ŋutsu alafa ade trɔ hesi ɖo ta gbedzi vaseɖe Rimon-kpe la gbɔ, eye wotsi Rimon-kpe la gbɔ dzinu ene.


Tete wòtrɔ hesi ɖo ta gbedzi vaseɖe Rimon-kpe la gbɔ; wowu ame akpe atɔ̃ le woƒe megbexeawo ŋu le mɔ dzi, eye woti wo yome vaseɖe Gideom, eye wogawu ame akpe eve le wo ŋu.


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me!


Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.


Wole Efrayim-gbo, ɖu xoxo la ƒe egbe kple tɔmelãgbo le la me va to xɔ tsrala Xananeel kple xɔ tsrala Mea ŋu vaseɖe alẽgbo la gbɔ, eye wotɔ ɖe gaxɔgbo la gbɔ.


Eye Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, amesi nye Axaz vi Yoas ƒe vi la, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem; eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene.


Woƒe kɔƒe, siwo kpe ɖe eŋu, wonye: Etam, Ayin, Rimon, Toxen kple Asan, wole du atɔ̃,


Eye ameha blibo la dɔ ame ɖo ɖe Benyamin-viwo gbɔ le Rimon-kpe la gbɔ, eye wodo ŋutifafa ŋugbe na wo.


Esiwo le Benyamin-to la me, wonye: Gibeon kple eŋu lãnyiƒe, Geba kple eŋu lãnyiƒe,


Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, Axazya vi Yoas ƒe vi, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem. Eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene.


Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.


Uziya tu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem, ɖe dzogoedzigbo la, bali me agbo la kple dzogoe la dzi, eye wòwɔ wo sesĩe.


Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite