Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 14:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna na Yehowa, eye woamã aboyonu le mewò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 14:1
12 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye woatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi.


Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi;


elabena wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.


Ye latrɔ zu viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la nava ɖo.


Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.


Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!


Yuda hã awɔ aʋa kple Yerusalem, eye woaƒo dukɔwo katã godoo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo kpakple avɔwo kpaŋkpaŋ.


Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋku me, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, elabena Yehowa do vɔsagbe la ɖi, eye wòkɔ amesiwo wòkpe la ŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite