Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”

Gade chapit la Kopi




Zekaria 13:9
54 Referans Kwoze  

Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“


kpo ɖa, melólo wò, ke menye abe klosalo ene o, eye medo wò kpo le hiã ƒe aŋoɖakpo me.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.


Lɔlɔ̃tɔwo, migana fiafiã ƒe tetekpɔ, si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nyaa ɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o;


Mianya dukɔ nam, eye ma nye Mawu na mi.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.


Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.


Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.


Elabena edze si nye mɔ nyanyɛ la, eye ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.


eye makplɔ wo vɛ, ne woanɔ Yerusalem, woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,


Mazɔ mia dome, eye manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye dukɔ.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Sonu li de klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.


Woayra dukɔ, si wòanɔ na alea! Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!


Nye nɔƒe anɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.


Eye mianɔ anyigba, si metsɔ na mia fofowo la dzi, mianye dukɔ nam, eye manye mia Mawu.


ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gãa ɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu;


eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye nuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã.


Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi.


Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekpɔ nyuie ɖe Yuda ƒe aboyome, siwo menya tso teƒe sia ɖo ɖe Kaldea-nyigba dzi la ŋu, abe gbotsetse nyui siawo ene.


eye matia aglãdzelawo kple amesiwo trɔ ʋu le yonyeme la, le mia dome; makplɔ wo adzoe tso anyigba, si dzi wonye amedzro le la dzi, ke womade Israel-nyigba dzi o, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nunyalawo dometɔa ɖewo atsi aʋa ne woado wo akpɔ kple dzo, woakɔ wo ŋuti, ne wo me nadza vaseɖe nuwuɣi, si wodo ɖi la.


Woatia ame geɖewo, woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; eme vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye eme vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.


Eye nèɖo wò dukɔ Israel tè dzi, be wòanye wò dukɔ tegbee, eye wò Yehowa nèzu eƒe Mawu.


Elabena klosalofɔƒe li, eye sika, si wolólona la, teƒe li.


ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!


Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, malólo wo, eye mado wo akpɔ; elabena aleke mawɔ le nye dukɔ ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta?


ne Israel ƒe aƒe la magatra le ŋunye, eye woatsɔ woƒe dzidadawo katã agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui azɔ o, ke boŋ woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite