Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ale Yehowa gblɔ esi: Woetsrɔ̃ akpa etɔ̃liawo eve le anyigba blibo la dzi, eye woaku, eye akpa efɔ̃llawo ɖeka asusɔ ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 le anyigba blibo la dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku, eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 13:8
34 Referans Kwoze  

Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Eye ne menye bena, ɖe Aƒetɔ la ɖe ŋkekeawo dzi o la, ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatia, siwo wotia ŋuti la, eɖe ŋkekeawo dzi.


Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.


Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.


Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wòtɔ dzo woƒe du.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Yehowa be: Meli kpli wò, ne maɖe wò; matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome mekaka wò ɖo la, ke nyematsrɔ̃ wò ya o; nyemagblẽ wò ɖi tomahemahee o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo nu.


Eye woaɖo ayi, be woakpɔ amesiwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo ma tsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã.


eye matia aglãdzelawo kple amesiwo trɔ ʋu le yonyeme la, le mia dome; makplɔ wo adzoe tso anyigba, si dzi wonye amedzro le la dzi, ke womade Israel-nyigba dzi o, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wɔlawo katã aku ɖe yi nu, wo amesiwo le gbɔgblɔm bena: Dzɔgbevɔ̃e la matu mí o, eye maɖi kpe mí o.


Eye makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖoku ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣia wo ɖokul ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite