Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 13:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Le ɣemaɣi la ŋu akpe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutega ŋu, ne egblɔ nya ɖi, eye womaɖo lãfuwu, be woaflu ame o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 13:4
11 Referans Kwoze  

Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.


ɣemaɣi Yehowa ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi bena: Yi natu akpanya le ali, eye naɖe atokotawo le wò afɔ. Tete wòwɔ nenema, eye wòɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim.


Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsu la nye fume, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzi. Tete wògblɔ be: Eliya, Tisbitɔe.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Eye kposɔfuwu le Yohanes ŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi, eye woɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe!


Alesi ne asi lu fiafi ŋu kpenɛ la, nenema ŋu akpe Israel ƒe aƒe la hekpe ɖe woƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ŋu,


woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me,


Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite