Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa axɔ na Yuda ƒe agbaɖɔ gbã, ne Ɖa-wlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo magaƒo aɖegbe ɖe Yuda ŋu akpa o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Yehowa aɖe Yuda ƒe nɔƒewo gbã, ale be bubu si le David ƒe aƒe la kple Yerusalem me nɔlawo ŋu la malolo wu Yudatɔ o.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 12:7
20 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.


Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ.


Eye esi wòtu gbemagbe la, alẽ ɖihiã, siwo lé ŋku ɖe ŋunye la, dze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


Yehowa Zebaot ɖoe ɖe ta me be, yeaɖi gbɔ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dàda, eye yeaklo bubu le ame ŋkutawo ŋu le anyigba dzi.


Gbegblẽ le eme, eye ŋutasesẽ kple amebaba mete ɖa le eƒe abla me o.


Elabena wò Yehowa, sinu kpɔm mele, àtɔ nam, Aƒetɔ, nye Mawu!


Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!


Nenyo vavãe míebe, yewoawɔ mia ɖokui ga ɖe ŋunye, eye miafia nye ŋukpem la,


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite