Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã; amesiwo katã be, yewoakɔe la, woade abi wo ɖokui ŋu, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo takpli de eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 12:3
31 Referans Kwoze  

Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.


Amesiame, si adze kpe ma dzi la, aŋe gudugudu; ke amesi dzi wòadze la, atui memie.


Ɣemaɣi la kekeli maganɔ anyi o, ke hoŋ vuvɔ kple tsi babla ko.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


Le ɣemaɣl la konyifafa leƒe makɔ le Yerusalem o, abe alesi wówɔ kuteƒe na Hadad-Rimon le Megiɖo-tagba ene.


elabena wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.


Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.


Ɣemaɣi la matsɔ Yuda-amegãwo awɔ dzoɖesonu ɖe nake titina, woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒu me ene, eye woafiã dukɔwo katã godoo Ie ɖusl me kple mia me; ke Yerusalem aganɔ eteƒe.


Ate Yehowa gblɔ esi; Ɣemaɣi la mado vɔvɔ̃ na sɔwo katã eye sɔdolawo adze aɖaʋa; nye ŋku anɔ te de Yuda ƒe aƒe la ŋu, ke mana dukɔwo ƒe sɔwo katã ƒe ŋku nagbã.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


Kpɔ ɖa, mawɔ nu kple amesiwo katã te mi ɖe anyi la ɣemaɣi, makpe ɖe ata ŋeŋee tɔwo ŋu, maƒo: amesiwo kaka hlẽ la nu ƒu, eye matso wo awɔ kafukafu kple bubu le anyigba, siwo katã dzi wodo ŋukpe wo le la dzi.


Elabena ŋuta, si wosẽ le Libanon ŋu la, ava ddiwò, eye lã, siwo wotsrɔ̃ la, aɖo ŋɔdzi na wò le ameʋu, si nekɔ ɖe anyi, kple ŋuta, si nèsẽ le anyigba kple du la kpakple emenɔlawo katã ŋu la ta.


Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!


Yakob ƒe aƒe la anye dzo, eye Yosef ƒe aƒe la anye dzoƒaɖe, ke Esau ƒe aƒe la anye gbe ƒuƒu; woafiãe wòabi, ale be amea ɖeke makpɔtɔ na Esau ƒe aƒe la o; elabena Yehowa ye gblɔe.


Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite