Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yerusalem anye ahamuametre na dukɔwo katã godoo; eye ne woɖe to ɖe Yerusalem la, Yuda hã anɔ eme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 12:2
15 Referans Kwoze  

Yuda hã awɔ aʋa kple Yerusalem, eye woaƒo dukɔwo katã godoo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo kpakple avɔwo kpaŋkpaŋ.


ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.


Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.


Miɖo teƒe ne, abe alesi eya hã ɖo eteƒe na mi ene, miɖo teƒe ne teƒe eve le eƒe dɔwɔwɔwo nu, kplu, si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Ŋukpe aɖi ƒo na wò, eye menye bubu o; wò hã noe, ne naɖe ama, Yehowa ƒe nuɖusi lé kplu la wòva ɖo gbɔwò, eye, wò bubu aɖi gbɔ.


Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.


Sikakplu enye Babel le Yehowa si me, si na anyigba blibo la mũ aha; dukɔwo no eƒe wein, eyata dukɔwo le ya mum sagãsagã ɖo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, amesiwo kplu la nono medze o hã, wononɛ kokoko, eye ɖe woagbe tohehe na wò ya? Matsi tomahemahe o, ke boŋ ànoe kokoko!


Tete mexɔ kplu la le Yehowa si, eye mekpee na dukɔ, siwo katã gbɔ Yehowa ɖom ɖo;


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ nam enye si: Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano.


Nukaŋuti míegale anyinɔƒe ko? Miƒo takpli, míayi du sesẽwo me, ne míatsrɔ̃ ɖe afima; elabena Yehowa, mía Mawu la, le míaƒe tsɔtsrɔ dim; ekpe aɖitsi na mí mieno, le esi miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ta.


Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu, ne woawɔ aʋa kplii, woaxɔ ɖua, eye woaha xɔwo, woagblẽ nyɔnuwo, eye ɖu la ƒe afã ayi aboyo me, ke womatsrɔ̃ dukɔ la ƒe susɔe le ɖua me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite