Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 12:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Lewi ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Simel ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 to si tso Levi ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, Simei ƒe to kple wo srɔ̃wo,

Gade chapit la Kopi




Zekaria 12:13
16 Referans Kwoze  

Amesiwo tso Heman viwo dome, wonye: Yexiel kple Simei. Eye amesiwo tso Yedutun viwo dome, wonye Semaya kple Uziel.


Simei viwo nye: Yaxat, Ziza, Yeus kple Beria; amesiawo nye Simei viwo, wole wo ame ene.


Gerson viwo nye: Laedan kple Simei.


Ŋutsuvi wuiade kple nyɔnuvi ade nɔ Simei si, ke vi geɖe menɔ nɔviawo ya si o, eye woƒe ƒome mekeke ta de Yuda viwo to nu o.


Pedaya ƒe viwo nye: Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viwo nye: Mesulam kple Xananya; wo nɔvinyɔnu enye Selomit;


Ke nunɔla Zadok, Benaya, Yehoyada vi, nyagblɔɖila Natan. Simei kple Rei kpakple Dawid ƒe kalẽtɔwo mele Adoniya ƒe nya me o.


Esi fia Dawid va Baxurim la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si tso Saul ƒe aƒe ƒe ƒome la me, si ŋkɔ nye Simei, Gera vi la, do tso afima va le ɖiŋu dom.


Anyigba la afa konyi, ƒome sia ƒome etɔxɛ; Dawid ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Natan ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ;


ƒome mamleawo katã wo tɔxɛ wo tɔxɛ le ƒomeawo nu, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ.


Gerson-viwo ƒe ŋkɔwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei.


Kehat-viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel.


Eye Merari viwo nye si le woƒe ƒomewo nu: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Lewitɔwo ƒe ƒome le wo fofowo ƒe aƒewo nu.


Gerson-hawo nye: Libni-viwo ƒe ƒome kple Simei-viwo ƒe ƒome. Woawo nye Gerson ƒomeawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite