Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Le ɣemaɣl la konyifafa leƒe makɔ le Yerusalem o, abe alesi wówɔ kuteƒe na Hadad-Rimon le Megiɖo-tagba ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 12:11
7 Referans Kwoze  

Eye eƒe dɔlawo ɖee le tasiaɖam la me hetsɔ de eƒe tasiaɖam evelia me, eye wokplɔe va Yerusalem. Eye wòku, eye woɖii ɖe fofoawo ɖiƒe, eye Yuda blibo la kple Yerusalem fia na Yosiya.


Eŋɔli Egipte-fia Farao Nexo ho ɖe Asur-fia ŋu le Frat-tɔsisi la nu, eye ba Yosiya ho ɖakpee; ke esime wòkpɔe la, ewui le Megido.


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Eye woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.


Anyigba la afa konyi, ƒome sia ƒome etɔxɛ; Dawid ƒe aƒe ƒe ƒome la afa konyi wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ; Natan ƒe aƒe ƒe ƒome la wo tɔxɛ, eye wo srɔ̃wo wo tɔxɛ;


Ke Yosiya metrɔ kɔ le eŋu o, ke boŋ edze avu, be yeawu aʋa kplii, eye meɖo to Nexo ƒe nyawo le Mawu ƒe nya la nu o, eye wòva aʋa wo ge le Megido-bali la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite