Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 11:8
25 Referans Kwoze  

Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.


Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.


ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“


Wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le Gilgal; afima melé fu wo le le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta; manyã wo atso aƒenye me, eye nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Megagbe mí o, le wò ŋkɔ la ta, megaɖi gbɔ wò ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui la o; ɖo ŋui, eye megatu wò nu, si nèbla kpli mi la o.


Nye domenyinu zu nam abe dzata le ave me ene, ele gbe tem ɖe ŋunye, eyata melé fui.


Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la.


Esi Yehowa kpɔ esia la, edo dɔmedzoe, eye wogbe viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo


Ke ne wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, nyemagbe wo o, eye nyemanyɔ ŋu wo o, nyematsrɔ̃ wo keŋ o, eye nyematu nye nubabla le mia kpli wo dome o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.


Magbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye matutu miaƒe ɣelegbawo aƒu anyi, malɔ miaƒe ame kukuwo atrɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye miazu ŋunyɔnu nam.


Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.


Ke ele nam be, woade mawutsi ta nam kple mawutsia ɖe, eye ale wotee ɖe ŋunye, vaseɖe esime woawu enu!


Efrayim-viwo, aŋutrɔdala, siwo bla akpa la, de megbe le aʋawɔgbe;


Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o.


Woayɔ wo be klosalo gbegbea; elabena Yehowa gbe wo.


ne nye asi natu Israel ƒe aƒe la ƒe dzi, wo amesiwo tso woƒe legbawo katã trɔ le yonyeme.


Dawò vinyɔnu kpamkpam nenye, eya amesi gbe srɔ̃a kple viawo; eye nɔvinyɔnu kpamkpam nènye na nɔviwònyɔnuwo, amesiwo gbe wo srɔ̃wo kple wo viwo; Xititɔe nye mia dada, eye Amoritɔe nye mia fofo.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Eye wònye Israel ƒe futɔ le Salomo ƒe ŋkekewo katã me hekpe ɖe vɔ̃, siwo Hadad wo la ŋu, elabena esi wòɖu fia ɖe Aram dzi la, elé fu Israel.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite