Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Menyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu, eye woɖi hiã ŋutɔ le alẽwo dome la. Metsɔ atikplɔ eve; meyɔ ɖeka be, „dɔmefafa“, eye meyɔ evelia be, „ɖekawɔwɔ“, eye menyi alẽawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 11:7
25 Referans Kwoze  

Emegbe meŋe nye atikplɔ evelia, „ɖekawɔwɔ“, ne ma gblẽ Yuda kple Israel ƒe nɔviwɔwɔ dome.


Ale Yehowa, nye Mawu la, gblɔ esi; Nyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu la!


Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.


Eye makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖoku ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣia wo ɖokul ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.


Dawid ŋuta yɔe be Aƒetɔ, eye afika gɔ̃ wòtso wònye via mahã? Eye ameha gã la ɖo toe dzidzɔtɔe.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.


Tete Filistitɔ la gblɔ na Dawid bena: Avũe menye, hafi nèfɔ kpowo gbɔna gbɔnyea? Eye Filistitɔ la yɔ eƒe mawuwo ƒo fi de Dawid.


Etsɔ eƒe atizɔti ɖe asi, eye wòdi kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ le tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔnu, si nye akplɔ la me, eye wòlé eƒe akafo ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi.


Lã, siwo katã lãkplɔvi xlẽna kple eƒe ati la, dometɔ ewoliawo ŋu ko na Yehowa, eɖanye nyi alo ale o.


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


Ale Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe ɖɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mi, ẽ, míaƒe asinudɔwo wòana woayi dzi nyuie!


Ke fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ dukɔ la ƒe ame dahe, siwo si naneke mele o la dometɔa ɖewo ɖe Yuda-nyigba dzi, eye wotsɔ weingblewo kple agblewo na wo gbemagbe.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite