Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 11:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye megblɔ na wo bena; Ne edze mia ŋu la, mina nye fetum, ke ne mesɔe na mi o la, midzudzɔ! Tete woxe klosalo sekel blaetɔ̃ nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 11:12
16 Referans Kwoze  

Nuka mielɔ̃ be, mianam, ne made eyama asi na mia? Ke woawo la wona klosalo blaetɔ̃e.


Ne nyi la tu dzo kluvi alo kosivi la, ekema nyia tɔ naxe klosalo sekel blaetɔ̃ na eƒe aƒetɔ.


Ke Midian-sitsalawo va to wo ŋuti yi, eye woɖe Yosef le do la me hetsɔ dzra na Ismaeltɔwo klosalo blave, eye wokplɔ Yosef yi Egipte.


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Tete Axab ƒo nu kple Nabot gblɔ bena: Tsɔ wò weingble la nam, ne matsɔ wɔ amabɔe, elabena ete ɖe nye aƒe ŋu, eye matsɔ weingble nyui bubu aɖo eteƒe na wò; ke ne edze ŋuwò la, maxe eƒe xɔxɔme ƒe fe na wò


Eye nya la dze fia la kple ameha blibo la ŋu.


Ale wowu nya, si nyagblɔɖila Yeremya gblɔ ɖi la nu bena: „Eye wotsɔ klosalo blaetɔ̃, si enye amesi ŋu Israel-via ɖewo do asi ɖo la, ƒe tanu,


eye wotsɔ wo na ɖe zemela ƒe abɔ ta, abe alesi Aƒetɔ la ɖo nam ene.“


Abraham ɖo to Efron, eye Abraham xlẽ ho, si Efron yɔ le Xitiviawo ŋku me la ne, klosalo sekel alafa ene, ga nyui, si asitsalawo xɔna.


Eye tasiaɖam ŋu sɔ akpe blane kple sɔdola akpe wuieve le Salomo si.


Ale meƒle agble, si le Anatot la le tɔnyeɖia vi Xanameel si, eye meda klosalo sekel wuiadre nɛ.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


ke nenye nyɔnue la, asi la nanye sekel blaetɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite