Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Togbɔ be mekaka wo ɖe amewo dome hã la, woaɖo ŋku dzinye le anyigba didi mawo dzi. Wo kple wo viwo atsi agbe, eye woagatrɔ agbɔ.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 10:9
24 Referans Kwoze  

Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe lã me.


Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu.


eye mana ƒome nado tso Yakob me, eye nye towo ƒe domenyila natso Yuda me; nye ame tiatiawo anyi edome, eye nye dɔlawo anɔ afima.


Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Mi amesiwo si le yi nu, midzo, eye migatɔ ɖi o! Miɖo ŋu Yehowa le adzɔge, eye Yerusalem nenɔ ta me na mi!


Elabena made se, eye woaʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome, abe alesi woʋuʋua asɔe, eye blikua ɖeke megena ɖe anyigba o ene.


Elabena ne wotsɔ wò, si wolã tso amiti, si nye gbemetɔ le dzɔdzɔme nu la, dzi hedo ɖe amiti nyui, si menye wò dzɔdzɔme o la me la, aleke gbegbe womatsɔ wo amesiwo nye dzɔdzɔmetɔwo la, ado ɖe woawo ŋutɔ ƒe amiti la me o ma?


Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


Yakob kple Israel, ɖo ŋui, elabena nye dɔla nènye; nyee wɔ wò nènye nye dɔla; Israel, megaŋlɔm be o!


Edo go amesi wòa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi. Kpɔ ɖa, eɖo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; miele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite