Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu, eye mahe to na gbɔ̃tsuwo elabena Yehowa Zebaot ava kpɔ Yuda ƒe aƒe, si nye eƒe lãha la ɖa, eye wòatsɔ wo awɔ eƒe sɔ, si woɖo atsyɔ̃ na le aʋa me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 “Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mahe to na kplɔlawo, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe, eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 10:3
28 Referans Kwoze  

Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa?


Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.


Anyigba, si le atsiaƒu nu la, azu Yuɖa ƒe aƒe la ƒe ame mamleawo tɔ, eye woaɖu gbe le edzi; woatsyɔ akɔ ɖe Askalon ƒe aƒewo me le fiẽ, ne Yehowa, woƒe Mawu la, va kpɔ wo ɖa, eye wògaɖo wo te.


Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene!


Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu, ke Yehowa si mee dziɖuɖu le.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva kpɔ eƒe dukɔ ɖa, eye wòwɔ ɖeɖe nɛ,


Tete eya kple lɔ̃xoawo wotso hegbugbɔ tso Moab-nyigba dzi; elabena ese le Moab-nyigba dzi be, Yehowa kpɔ eƒe dukɔ la ɖa, eye wòna abolo wo.


Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Eye wòava me le Yehowa ƒe vɔsagbe be, mahe to na amegãwo kple fiaviwo kpakple amesiwo katã taa dutatɔwo ƒe avɔwo la.


Alẽ tatrawoe nye nye dukɔ; wo kplɔviwo flu wo, eye wokplɔ wo tra yi towo dzii, wole tsatsam tso to dzi yi togbɛ dzi, eye woŋlɔ wo miaƒe be.


Yehowa be: Ne ƒe blaadre la de vɔ la, ekema mahe to na Babel-fia kple dukɔ ma kpakple Kaldea-nyigba le woƒe vodada ta, eye matsɔe awɔ gbegbee ɖikaa.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na wo: Ɖekakpuiwo aku ɖe yi nu, eye woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo aku ɖe dɔwuame si me;


Lãkplɔviwo katã dzɔ lã, eye womedi Yehowa yome mɔ o; eyata medze edzi na wo o, eye woƒe lãhawo katã ka hlẽ.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Yehowa ahe to na dziƒoʋakɔwo le dzi me kple anyigba dzi fiawo le anyigba dzi.


Eye ava me, ne Aƒetɔ la awu eƒe dɔwo katã nu ɖe Zion-to la kple Yerusalem ŋu vɔ la, atu Asur-fia ƒe dada ƒe kutsetse kpakple eƒe dadaŋku ƒe adegbeƒoƒo ŋu fe nɛ.


Xɔ̃nye, èle abe nye sɔnɔ le Farao ƒe tasiaɖam ŋu ene.


Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la.


Atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la nui; ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe.


Ne kpẽ ɖi la, exlɔ̃na be: Eɖo dzi loo! Aʋa kple aʋafia ƒe gbedeɖe kpakple aʋaɣli ƒe ya le edzi dzem tso adzɔge ke!


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite